Romans 16

Gbedoname vovovowo

1Mele Foibe, mía nɔvinyɔnu, ame si nye subɔla le Kenkrea hame me la kafum na mi. 2Mele biabiam tso mia si be miaxɔe abe ale si dze le Aƒetɔ la me ene, eye le mɔ sia mɔ si dze ame kɔkɔewo la nu miakpe ɖe eŋu le nu sia nu si ahiãe la me. Elabena ekpe ɖe ame geɖewo ŋu le woƒe hiahiãwo me. Ekpe ɖe nye ŋutɔ hã ŋu. 3Mido gbe na Priskila kple Akwila nam. Wonye nye hadɔwɔlawo le Kristo Yesu ƒe dɔ la me. 4Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o. Ame siwo katã le Trɔ̃subɔla siwo zu kristotɔwo ƒe hamewo me la hã le akpe dam na wo.

5Mido gbe na ame siwo katã kpea ta hesubɔa Mawu le woƒe aƒewo me la nam. Mido gbe na xɔ̃nye vevi, Epeneto, hã nam. Eyae nye ame gbãtɔ si zu kristotɔ le Asia. 6Mido gbe na Maria hã, ame si wɔ dɔ sesĩe hekpe ɖe mía ŋu la, nam. 7Andronika kple Yunia hã li; woawoe nye nye ƒometɔ siwo nɔ gaxɔ me kplim. Apostoloawo bua wo eye wozu kristotɔ hafi meva zui. Mido gbe na wo nam. 8Mido gbe na Ampliato, ame si melɔ̃na abe Mawu ŋutɔ viwo dometɔ ɖeka ene 9kple Urbano, míaƒe hadɔwɔla kpakple Stakis nam.

10Apeles, ame nyui si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze le la hã li. Mido gbe nɛ nam. Mitsɔ nye gbedoname nyuitɔ na ame siwo le dɔ wɔm le Aristobulo ƒe aƒeme. 11Medo gbe na nye ƒometɔ Herodion kple kluvi siwo nye kristotɔwo le Narkiso ƒe aƒeme, 12kple Trifena kpakple Trifosa, ame siwo nye Aƒetɔ la ƒe dɔwɔlawo kple Persis lɔlɔ̃a, ame si wɔ dɔ sesĩe ŋutɔ na Aƒetɔ la. 13Medo gbe na Rufo, ame si Aƒetɔ la tia be wòanye ye ŋutɔ tɔ kple dadaa lɔlɔ̃a, ame si kpɔ dzinye abe danye ene. 14Mido gbe na Asinkrito, Flego, Herme, Patroba, Herma kple nɔvi bubu siwo katã le gbɔ. 15Migblɔ na Filologo, Yunia, Nereo kple nɔvianyɔnu kple Olimpa kpakple kristotɔ bubu siwo katã le wo gbɔ la be medo gbe na wo. 16Mitsɔ nugbugbɔ kɔkɔe do gbe na mia nɔewo nam. Hame siwo katã le afi sia la do gbe na mi katã.

17Nya ɖeka gale asinye magblɔ hafi awu agbalẽ sia nu. Migade ha kple ame siwo dea mama amewo dome, naa amewo ƒe xɔse trana eye wofiaa nu siwo tsi tre ɖe nu siwo wofia mi tso Kristo ŋuti la o. 18Nufiala siawo mele dɔ wɔm na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo o, ke boŋ woawo ŋutɔ ƒe viɖe ko dim wole. Woƒoa nu nyuie eye woblea susu wodzoe tɔwo enuenu. 19Ke ame sia ame nya be miawo ya la mienye nuteƒewɔlawo. Nu sia doa dzidzɔ gã nam. Medi be mianya nu tso nu si nyo la ŋu ɣesiaɣi eye miavo tso nu vɔ̃ ɖe sia ɖe me. 20Esusɔ vie Ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.

21Timoteo, nye hadɔwɔla, kple Lukio, Yasom kple Sosipatro, nye ƒometɔwo do gbe na mi. 22Nye Tertio, ame si le agbalẽ sia ŋlɔm na Paulo la, nye hã medo gbe na mi abe mia nɔvi kristotɔ ɖeka ene. 23Gayo be mado gbe na mi. Eya ƒe amedzroe menye eye hamea kpea ta le afii le eƒe aƒeme. Erasto, ame si nye dugadzikpɔla kple Kuarto, nɔvi kristotɔ aɖe, do gbe na mi. 24Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi katã.

25Azɔ ame si te ŋu ɖo mia gɔme anyi to nye nyanyui kple gbeƒãɖeɖe Yesu Kristo me esiae nye ɖoɖo si woɣla ɖe mi tso xexeame ƒe gɔmedzedzea me ke. 26Ke azɔ la abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe do ŋgɔ eye abe ale si Mawu mavɔtɔ la de se ene la, wole gbeƒã ɖem na dukɔwo katã be woaxɔe ase eye woaɖo to eya amea. 27Mawu ame si ɖeka koe nye nunyatɔ to Yesu Kristo dzi la, tɔ nanye ŋutikɔkɔe la yi ɖe mavɔmavɔ me! Amen.

Copyright information for EweBEE